Malachi 1:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, mi nunɔlawoe ƒo ɖi nye ŋkɔ. “Gake mieɖe ɖeklemi be, ‘Ɣe ka ɣi míeƒo ɖi wò ŋkɔ kpɔ?’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le gbɔgblɔm na nunɔlawo be: “Vi dea bubu tɔ́a ŋu, eye dɔla hã tsɔa bubu na eƒe aƒetɔ. Nenye nyee nye mia Tɔ́ nyateƒe la, afi ka nye bubu le? Nenye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, afi ka vɔvɔ̃ si le ŋunye la le? Miedoa vlom, eye miele biabiam be: ‘Nu ka míetsɔ do vlo wòe?’