Malachi 1:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miegblɔna na amewo hã be, Mitsɔ lã siwo mede blibo o la sa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi faa, ɛ̃, lã siwo ƒe ŋkuwo gbã kple esiwo le dɔ lém la, megblẽ naneke o? Nu sia miewɔ, eye miebe menye vɔ̃ oa? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be mitsɔ wo na miaƒe mɔmefia abe nunana ene, eye miakpɔe ɖa be adze eŋu hã?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mietsɔ lã ŋkuagbã va sa vɔe nam la, ɖe menye nuvɔ̃ɖie miewɔ oa? Alo ne mietsɔ lã nuwɔe alo lã lédɔwo va nam la, ɖe menye nuvɔ̃ɖie miewɔ oa? Tsɔ lã ma ƒomevi yi ɖana wò anyigbadziɖula kpɔ! Ðe wò nu anyo eŋu, eye wòave nuwòa?” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.