Malachi 2:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miadze sii be, nyee ɖo se siawo ɖe mi, ne wòanye nu, si mebla kple Lewi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale miadze sii be nyee ɖo se sia ɖe mi, ale be nu, si mebla kple Levi-to la, nagatu o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.