Malachi 4:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena kpo ɖa, ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; ɖaɖalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afia wo masusɔ ke kple alo ɖi na wo o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe ɣe adze na mi, eye wòayɔ dɔ mi abe ɣetotoe ene. Ekema miavo anɔ dzidzɔ kpɔm adzo abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me le kpo tim ene.