Mark 1:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodzo yi ɖaɖo Kapernaum. Le Dzudzɔgbe la, eyina ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòɖafiaa nu le afi ma.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum le Memleɖa si nye Yudatɔwo ƒe Sabat ŋkeke dzi. Woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye Yesu fia nu amewo le afi ma.