Mark 1:32 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ɣe ɖo to la, wotsɔ ame siwo katã ƒe lã me gblẽ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔ ƒomevi vovovo lélawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la, be wòada gbe le wo ŋu.