Mark 1:40 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye anyidzela ɖe va egbe le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: Ne èlɔ̃ ko, ate ŋu aklɔ ŋutinye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu kpodɔlela aɖe va egbɔ, le klo dzi kple kukuɖeɖe be: “Ne èlɔ̃ la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbe ɖeka, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be," “Ne èlɔ̃ la, na nye ŋuti nakɔ.”