Mark 1:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Kpɔ nyuie, mègagblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o. Esi ŋutiwò kɔ la, heyi nàtsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla, eye nàna nu siwo Mose ƒe se la bia be woana la, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o. Ke boŋ yi nãtsɔ ɖokuiwò afia Osɔfo la eye nãna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”