Mark 1:45 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke eya dzo yi ɖale gbeƒã ɖem lélele, eye wòkaka nya la ale gbegbe be Yesu megate ŋu gena ɖe du aɖeke me le gaglãgbe o. Dua godo, afi si amewo mele o la ko wònɔna, eye amewo tsoa teƒeteƒewo vaa egbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake esi ŋutsua dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.