Mark 1:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame geɖe ŋutɔ tso Yudea-nutome kple Yerusalem va egbɔ, hele woƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye wòle mawutsi lem na wo le Yordan-tɔsisi la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutomewo me yi gbea dzi, be yewoakpɔ Yohanes eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisia me.