Mark 10:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nusrɔ̃lawo tsi yaa le eƒe nyawo ŋuti. Eye Yesu gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Viwo, esẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nusrɔ̃laawo se nya siawo la, wotsi yaa; ke Yesu yi edzi gblɔ na wo be: “Vinyewo, asesẽ ŋutɔ na ame siwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋu la, be woage ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ ake be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu la be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!