Mark 10:29 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe alo nɔvia ŋutsuwo, alo eƒe agblewo ɖi le nye kple Nyanyui la ta la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ na wo be, “Mele kpe ɖom edzi na mi be, ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la,