Mark 10:48 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ame geɖewo blu ɖe eta, bena wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli geɖe wu tsãtɔ bena: Dawid vi la, kpɔ ye nublanui!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame geɖewo nyra ɖee be nezi ɖoɖoe. Ke eya do ɣli sesĩe ɖe edzi wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Do to kaba.” Gake ɣlia dodo dzi ko wònɔ sesĩe wu tsã be, “Ao, David Vi lee, kpɔ nublanui nam.”