Mark 11:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le adzɔge, si dzi aŋgbawo le la, eyi bena ɖewohĩ yeakpɔ nane le edzi; eye esi wote ɖe eŋu la, mekpɔ naneke o, negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekpɔ ati aɖe si ƒe tsetse woɖuna. Ati sia to aŋgba nyuie, eye wòle adzɔge. Eyi be ɖewohĩ yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi. Ke esi wòva atia gbɔ la, mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, elabe atia ƒe tseɣi meɖo haɖe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekpɔ gboti aɖe le eŋgɔ. Ati sia da ama ŋutɔ ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã. Gake aŋgbawo koe nɔ atia dzi elabena eƒe kutseɣi meɖo o.