Mark 11:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya sia ɖo nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wodi mɔnu be yewoawui le vɔvɔ̃ nɛ ta, elabe eƒe nufiafia wɔ mo yaa na ameha blibo la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe kplɔla bubuwo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke nane ɖe fu na woƒe susu. Eyae nye be, ame geɖewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, ale be ʋunyaʋunya ate ŋu adzɔ nenye be wote nu sia wɔwɔ kpɔ.