Mark 11:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ame si ke agblɔ na to sia be: ‘Ho, ne nàyi aɖadze atsiaƒu me’, eye wòaxɔe ase, ɖikeke manɔmee, be nu si yegblɔ la ava eme la, ava eme nɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Nyateƒenya wònye be, nenye ame aɖe agblɔ na to sia be ‘Yi, natsɔ ɖokuiwo ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke aɖeke mele eƒe dzi me o, ke wòxɔe se be nu si yegblɔ ava me la, woawɔe nɛ.