Mark 11:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne mieɖo eŋu nam la, nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne mieɖo eŋu nam ko la, ekema magblɔ ŋusẽ si dzi meto le nu siawo wɔm la na mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia ɖeka sia ŋu nam.