Mark 12:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mi bena: Ne amea ɖe nɔviŋutsu ku, eye wògblẽ srɔ̃a ɖi, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, eye wòado ƒome ɖi na nɔvia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nufiala, Mose ŋlɔe ɖi na mí be, ne ŋutsu aɖe nɔvi ku hegblẽ srɔ̃nyɔnu, si medzi vi aɖeke nɛ o la ɖi la, ekema ameyinugbea nɔviŋutsu naɖe ahosi la, be wòado ƒome ɖi na nɔvia si ku la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, eƒe tsɛ naɖe ahosia adzi viwo ɖe foa kukua ƒe ŋkɔ me.