Mark 12:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye agbalẽfialawo dometɔ ɖeka va, amesi se woƒe nusesẽwɔwɔ la; esi wonyae bena, eɖo ŋu na wo nyuie la, ebiae bena: Seawo katã dome la kae nye gbãtɔ mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka nɔ afi ma se ale si wowɔ nusesĩ kple wo nɔewo. Ekpɔ be Yesu ɖo nya la ŋu na Zadukitɔwo nyuie. Ale eya bia Yesu be: “Se kae nye se vevitɔ le seawo katã dome?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ to ɖom la kpɔe be, Yesu ɖo nyaa ŋu nyuie eya ta ete ɖe eŋu biae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”