Mark 12:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu yi edzi fia nu le mawuxɔa me gblɔ be: “Ale ke wɔ agbalẽfialawo ate ŋu agblɔ be Kristo la, David ƒe dzidzimevi ko wònye mahã?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emegbe esi Yesu nɔ nu fiam amewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ebia ameawo be, “Nu ka tae miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be ele be Mesia la natso Fia David ƒe ƒome me kokoko?