Mark 12:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete agbledela mawo gblɔ na wo nɔewo bena: Esiae nye domenyila la, miva, ne miawui, eye domenyinyi la nazu mia to.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke agbledzikpɔlaawo gblɔ na wo nɔewo be: ‘Ame si gbɔna doa me nyi ge lae nye esi. Miva ne míawui, bene domenyinu la nazu mía tɔ.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, “Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”