Mark 13:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòdo go tso mawuƒe la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Nuxala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu do go le mawuxɔa me yina, eye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yɔe gblɔ be: “Nufiala, kpɔ ɖa! Kpeɖoɖo kple xɔtutu siawo menyale kpɔkpɔm ŋutɔ oa?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nyakpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”