Mark 13:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgba fɛ̃wo ke, eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumake be dzomeŋɔli ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke misrɔ̃ lododo la le gboti la ŋuti: Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke misrɔ̃ nu tso gboti ƒe alɔdzedze gbɔ. Ne edze alɔ fɛ̃wo, eye wòɖe ɖɔ heto aŋgbawo ko la, ekema miedzea sii be dzomeŋɔli tu aƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be eƒe aŋgba fẽwo ke eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumake be, dzomeŋɔli ɖo.