Mark 13:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gake mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, elabe woatsɔ mi ade asi na ʋɔnudrɔ̃lawo; woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; woana miatsi tsitre ɖe mɔ́mefiawo kple dufiawo ŋkume le tanye, bene miaɖi ɖase na wo,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi gɔvinawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta ke migblɔ nyanyui la na wo. Woahe nya ɖe mia ŋu le gɔvinawo kple fiawo ŋkume, be mienye yonyemedzelawo ta. Gake mele egblɔm na mi bena esiae nye munɔkpɔkpɔ nyuitɔ be miagblɔ nyanyui la na wo.