Mark 14:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye abolo maʋamaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le la, eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika dim nèle be, miayi aɖadzra do, ne naɖu ŋutitotolẽvi la le mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ɖuɣi, ŋkeke gbãtɔ, si dzi wowua Paskalẽvi la le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi ka nèdi be míadzra ɖo na wò be nàɖu Paska la le?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋutitotoŋkekenyui ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobia afi si wòdi be yewoaɖu ŋutitotolẽvi la le.