Mark 14:36 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ be: “Tɔ́nye lɔlɔ̃tɔ, àte ŋu awɔ nu sia nu; ɖe fukpekpekplu sia ɖa tso gbɔnye; ke menye nu si nye ŋutɔ medi la o, ke boŋ nu si wò nèlɔ̃ la neva eme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò eya ta na kplu sia nato nunye ayi. Ke menye nu si nye la, medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”