Mark 14:61 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ezi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Nunɔlagã la gabiae gblɔ nɛ bena: Alo wòe nye Kristo, Mawu, si wokafuna la, ƒe Vi mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yesu zi kpi; meɖo nya aɖeke ŋu o. Nunɔlagã la gabiae be: “Wòe nye Kristo, Yayratɔ la Via?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Osɔfogã la gabiae be, “Wòe nye Mesia, si nye Yayratɔ la Via?”