Mark 15:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke teti la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã kpe ta, hede adaŋu. Wobla Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Osɔfogãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe gɔvina si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣemaɣi me la gbɔ.