Mark 15:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo va le afi ma tom le yiyim la, le nu me ɖem le eŋu, le edzum hele ta ʋuʋum, le gbɔgblɔm be: “Oho! Wò ame si gblɔ be yeagbã mawuxɔ la agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ mea, wòe nye esia?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu eye woʋuʋua ta hekonɛ. Đewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ehẽ! Kpɔ ale si wòva zu na wòe ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agagbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nãte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,