Mark 15:32 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò Mesia la, wò Israel ƒe fia la, azɔ ɖi tso atitsoga la ŋu ɖe anyi ne míakpɔ, bene míaxɔ dziwò ase.” Ame siwo woklã ɖe ati ŋuti kplii la gɔ̃ hã ɖu fewu le eŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodo ɣli yɔe le atitisoga la ŋu be, “Hei, kpɔ ɖa, wò Mesia! Wò Israel ƒe Fia! Đi le atitsoga la ŋu ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!”" Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kplii gɔ̃ hã dzui.