Mark 15:43 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yosef tso Arimatia, si nye adaŋudela ŋkutatɔ, amesi ŋutɔ hã le mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuƒe la va, eye wòdo dzi yi ɖe Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosef Arimatiatɔ, ame si nye ame ŋkuta aɖe le sewɔlawo dome, eye eya ŋutɔ hã le mɔkpɔkpɔ me be Mawu aɖo eƒe fiaɖuɖu anyi la, do dzi yi ɖe Pilato gbɔ, eye wòbia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yosef tso Arimatia ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka si ŋu bubu le la, va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒea ƒe vava kple dzimaɖeɖi geɖe. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.