Mark 15:46 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòƒle aklala, eye esi woɖee ɖe anyi la, exatsa aklala ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye wòmli kpe ɖo yɔdoa nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosef ƒle aklala, eye esi wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋuti la, exatsa aklala la ɖe eŋuti, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe tu ɖe yɔdo la nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe eye woɖe Yesu kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋuti eye wòtsɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu.