Mark 15:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke gatɔ ɖeka li, si woyɔna be Baraba, hekpe ɖe amesiwo na zi to la ŋuti: amesiwo do hlɔ̃ le zitɔtɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖe, si woyɔna be Baraba la nɔ gamenɔla, siwo dze aglã hewu ame le zitɔtɔ aɖe me la dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke mawo me la, gamenɔla siawo dometɔ ɖeka enye Baraba ame si kple ame bubuwo wu amewo le howɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.