Mark 16:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋutɔ, esime wole nuɖuƒe, eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabe womexɔ ame siwo kpɔe agbagbee la ƒe nya dzi se o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ le ɣe bubu ɣi la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo le esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse ta. Evee ŋutɔ be togbɔ be amewo kpɔe agbagbe va gblɔ na wo hã la, wogbe be yewomaxɔe ase o.