Mark 16:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.]
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nusrɔ̃laawo yi ɖaɖe gbeƒã Nyanyui la le afi sia afi. Aƒetɔ la wɔ dɔ kpli wo, eye wòɖo kpe nya la dzi kple dzesi siwo va eme la.] [ Nyɔnuawo yi ɖaka nya si wògblɔ na wo la ta na Petro kple ame siwo le egbɔ la enumake. Esia megbe la, Yesu ŋutɔ to eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖe gbeƒã xɔxɔ mavɔ ƒe Nyanyui, nya kɔkɔe, si mate ŋu atsrɔ̃ o la, tso keke ɣedzeƒe yi ɖase ɖe ɣetoɖoƒe ke.]
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.