Mark 16:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woge ɖe yɔdo la me. Tete wokpɔ ɖekakpui aɖe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe ɖusime le awu ʋlaya ɣi me. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woge ɖe yɔdoa me eye wokpɔ ɖekapkui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me nɔ anyi ɖe yɔdoa ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be woku ɖe tsitre nu.