Mark 16:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖekakpuia gblɔ na wo be: “Yesu Nazaretetɔ, ame si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele. Etsi tsitre. Mele afi sia o; esia megawɔ mo yaa na mi o. Mikpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, egbɔ agbe eye wòtsi tre. Mikpɔ afi si wotsɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.