Mark 2:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lãmetututɔ la fɔ ɖe tsitre enumake, eye wòŋlɔ eƒe aba, hezɔ dzo le wo katã ŋkume. Nu sia wɔ nuku na ameawo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Gbeɖe! Nu sia tɔgbe ya la, míekpɔe kpɔ o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋutsua tsi tre enumake. Efɔ eƒe aba la, eye wòzɔ to nukpɔlawo dome dzo. Nukpɔlawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”