Mark 2:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòdzo le afi ma yina la, ekpɔ Levi, Alfeo vi, wòbɔbɔ nɔ asidzɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Tete wòtso dze eyome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòzɔ yina la eva ke ɖe Levi, Alfeo vi, ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nãzu nye nusrɔ̃la.” Levi tso enumake eye wòdze Yesu yome.