Mark 2:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o: ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye aha la kple lãgbalẽgoloawo siaa agblẽ; ke wotsoa aha yeye dea lãgbalẽgolo yeyewo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke metsɔa wain yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o; ne ewɔe la, wain yeye la awó lãgbalẽgoloa, eye wain la kple lãgbalẽgoloa siaa agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wain yeye nɔna.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o elabena ne wowɔ esia la aha yeyea ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”