Mark 2:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi womete ŋu te va egbɔ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ, si me wòle la tame, eye esime woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba, si dzi lãmetututɔ la mlɔ la, ɖe anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ameha la ta la, womete ŋu kɔe ɖo egbɔ o; eya ta woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ si me Yesu le la tame, eye esi woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba si dzi lãmetututɔ la mlɔ la ɖe anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ tututu o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame eye woɖiɖi dɔnɔa ɖɔɖɔɖɔ hedro ɖe ekɔme.