Mark 3:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye ameha aɖe gava ɖi anyi. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo mevo aɖu nu gɔ̃ hã o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔgbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.