Mark 4:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi alo danɛ ɖe abati te mahã? Alo menye akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo o mahã?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe wotsɔa akaɖi vanae, be woada ɖe afianu alo abati te mahã? Alo menye be woatsɔe ada ɖe akaɖiti dzi oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu bia wo be: “Ne wosi akaɖi la, ɖe wotsyɔa nu edzia? Alo ɖe wodanɛ ɖe abati tea? Menye akaɖiti dzi wodanɛ ɖo oa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi be megaklẽ oa? Gbeɖe, ne wòwɔ esia la, ekema ame aɖeke mate ŋu akpɔ nu kple akaɖia alo awɔ eŋuti dɔ o. Ne wosi akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo eye wòanye ŋudɔwɔnu na wo.