Mark 5:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve (2,000) ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖe mɔ na wo. Tete gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go, eye woge ɖe haawo me. Haawo ƒe hatsotso blibo la katã, si ade akpe eve lɔƒo la, ƒu du kplìkplikpli tso to la kɔgo ge dze ƒu la me, heno tsi ku.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ makɔmakɔ siawo do go le aɖaʋatɔa me enumake yi ɖage ɖe hawo me. Esia wɔe be hawo katã ƒu du sesĩe, yi ɖanyrɔ̃ wo ɖokuiwo ɖe ƒua me doo heno tsi ku.