Mark 5:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo le haawo nyim la si dzo eye woyi ɖakaka nya si dzɔ la le dua me kple agbletawo. Amewo va be yewoakpɔ nu si va ve me la ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hakplɔviawo si dzo eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nyaa ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be ye ŋutɔ yeakpɔ nu si dzɔ la.