Mark 5:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdzo yi hede asi gbeƒãɖeɖe me nusianu, si Yesu wɔ nɛ la le Dekapoli; eye wo katã wotsi yaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edzo yi ɖade asi gbeƒãɖeɖe me le Dutaewoawo me tso nu siwo Yesu wɔ nɛ la ŋuti, eye amewo katã tsi yaa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Amea dze mɔ eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.