Mark 5:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti le ƒua nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yesu va ɖi go ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.