Mark 5:40 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameawo ɖu fewu le eŋuti. Ke eya na ameawo katã do go, eye wòkplɔ ɖevia tɔ́, nɔa kple ame siwo kpe ɖe eŋuti la yi afi si ɖevia mlɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo koe ʋuu, le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevia fofo, dada, kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔe la me.