Mark 6:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Dzudzɔgbe ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la. Eƒe nufiafia wɔ mo yaa na ame geɖe siwo see la, eye wobia wo nɔewo se be: “Afi ka ame sia kpɔ nya siawo tsoe? Nunya ka ƒomevie nye esi wonae ale gbegbe!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le Sabat ŋkeke dzi la eyi ƒuƒoƒe ɖafia nu eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonɛ be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!