Mark 6:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye esi Herodia vinyɔnuvi la ge de eme, eye woɖu ɣe la, edze Herodes kple amesiwo kpe ɖe eŋuti le kplɔ̃a ŋuti la ŋu; eye fia la gblɔ na nyɔnuvi la bena: Bia nusi ke nèlɔ̃ lam, eye mana wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Herodia vinyɔnuvi ge ɖe nuɖuƒe la, eye wòɖu ɣe si dze Herodes kple ame kpekpeawo ŋu ale gbegbe be fia la gblɔ na nyɔnuvi la be: “Bia nu sia nu si nèlɔ̃ lam, eye matsɔe na wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eva dzɔ be Herodia ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na amekpekpeawo. Ale si wòɖu ɣeae la do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvia be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la eye mana wò.”